Luke 13

Trɔ dzime alo na nàtsrɔ̃

1Le ɣemaɣi me la, ame aɖewo gblɔ ale si Pilato na be wowu Yudatɔ aɖewo siwo tso Galilea le esime wonɔ vɔ sam na Mawu le gbedoxɔ me le Yerusalem la nɛ.

2Yesu trɔ bia ameawo be, “Ɖe miebu be ame siwo wowu la ƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ wu Galileatɔ bubuwo tɔ tae wowu wo ɖoa? 3Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewo mele nu vɔ̃ wɔwɔ dzudzɔ ge adze Mawu yome o.”

4“Ale ke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Silɔm gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? 5Gbeɖe, menye woawoe o. Miawo hã miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ o.”

Lododo tso gboti matseku la ŋu

6Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o. 7Mlɔeba la egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Nu ka ta magana wòanɔ te? Mate ŋu ado nuku bubu ɖe teƒe si wòxɔ la ɖe?’

8“Abɔdzikpɔla la ɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ. Matrɔ asi le eŋu nyuie agbugbɔ aɖu ado ɖe ete. 9Nenye be etse ku la, enyo, ke ne metse ku o la malãe ƒu anyi.’”

Yesu da gbe le nyɔnu tekunɔ aɖe ŋu le Sabat dzi

10Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Sabat ŋkekea dzi la, 11ekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitre nu o.

12Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu èvo tso wò dɔléle la si me!” 13Azɔ eka asi eŋu eye enumake nyɔnua ƒe dɔa vɔ nɛ eye wòdzɔ ɖe tsitre ka. Nyɔnua kpɔ dzidzɔ ale gbegbe be wòda akpe hekafu Mawu!

14Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta elabena eyɔ dɔ na nyɔnua le Sabat ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kwasiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò ke menye le Sabat ŋkeke dzi o!”

15Yesu ɖo eŋu bena, “Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe nyiwo le woƒe kpowo me le Sabat dzi eye miekplɔawo yina ɖana tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Sabat ŋkekea dzie. 16Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ, be meɖe ga Yuda nyɔnu sia si Satana bla ƒe wuienyi sɔŋ la?”

17Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta.

Lododowo le logoku kple amɔʋãtike ŋu

(Mateo 13:31-33; Marko 4:30-32)

18Azɔ egade asi nufiafia amewo me le mawufiaɖuƒe la ŋuti. Ebia wo be, “Ale ke mawufiaɖuƒe la le? Nu ka ŋue miate ŋu atsaɔe asɔ ɖo? 19Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba heva zu ati kɔkɔ aɖe eye woɖe alɔwo fũ eye xeviwo vawɔ atɔ ɖe wo me.”

20Egbabia ke be, “Nu ka ŋu matsɔ mawufiaɖuƒe asɔ ɖo? 21Eɖi nuʋanu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”

Agbo xaxɛ la

(Mateo 7:13-14, 21-23)

22Azɔ Yesu nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo, ke ekpɔ egbɔ be yenɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu.

23Ame aɖe va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ame ʋee aɖewo koe le ɖeɖe kpɔ gea?” Eɖo eŋu na wo be, 24“Miʋli be miage ɖe eme to agbo bii la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele gblɔm be womate ŋui o. 25Nenye be aƒetɔ tsi tre hetu ʋɔa la eye mietsi tre ɖe egodo, de asi eƒoƒo me hele gbɔgblɔm be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’

“Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’”

26“Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mi kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ eye nèfia nu le mia ƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’”

27“Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be, nyemenya mi o. Miate ŋu ava me o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’”

28“Miafa avi aɖu aɖukli le esime miele tsitre ɖe xexe le Abraham, Isak, Yakob kple nyagblɔɖila siwo katã le mawufiaɖuƒea me la kpɔm ɖo ɖa. 29Amewo atso xexeame ƒe dzogoe eneawo katã me ava nɔ woƒe nɔƒewo le afi sia. 30Mina nya sia nanɔ susu me na mi be, ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu gã aɖe le dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma o.”

Yesu xa nu le Yerusalem ŋu

(Mateo 23:37-39)

31Le ɣeyiɣi sia me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeatsi agbe la ekema dzo le afi sia elabena Fia Herodes le diwòm be yeawu.” 32Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma bena manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, màwu nye dɔ nu eye maɖo afi si yim mele. 33Ẽ, egbea, etsɔ kple ŋkeke si akplɔe ɖo la, màwu nye dɔ nu! Elabena menyo be Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖeke naku ɖe afi aɖeke tsɔ wu Yerusalem o.

34“O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o. 35Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Miegale kpɔnye ge o, va se ɖe esime miado dzaa nam agblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔ na le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’”

Copyright information for EweBEE